download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye...

27
Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Eŋlla Os. Bubutɔ William Branham

Transcript of download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye...

Page 1: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

Yesu Kristo Nye EyamaEtsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me

Eŋl�la

Os. Bubutɔ William Branham

Page 2: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim
Page 3: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

Woŋl� agbalẽ sia bena amesiame si axlẽe la nadze sii bena Yesu Kristo gale amewo ɖem hegale dɔ yɔm kokoko.

Dzix

Agbalẽ sia ƒo nu tso alesi Wòtia ŋutsuvi dahe aɖe heyɔe de subɔsubɔdɔ me, alesi ŋutsuvi la si le Enu ɤeyiɤi ʋẽa ɖe hafi va trɔ ɖe Eŋu kple dzi blibo.

Page 4: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

GBEDODOĐA Oo Fofo si le Dziƒo, yra amesiame si axlẽ agbalẽ sia dzro.

Na be woadze si bena Èle Hame sẽŋua ɖe yɔ ge kpuie, esi tɔgbe míekpɔ kpɔ o.

Míegaxɔ dzi Wò se kokoko.

De didi vevie dzi sia dzi me eye, Oo Wò Dzɔdzɔetɔ la, kpe ɖe Wò subɔla si bɔbɔ eɖokui la ŋu be wòatsɔ Wò gbedeasi la ayi.

Menya bena Èɤlam ɖe aƒlawo dome, abe alesi Nèɤla Mose ene hena tameɖoɖo aɖe.

Eyata Fofo, kpe ɖe ŋunye be makɔ wkɔ me.

Amen.

Page 5: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

Yesu Kristo Nye Eyama

Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me

Wodzim le Cumberland Nutoa me, le Kentucky, ɖe atixɔ sue aɖe me. Fofonye kple danye woɖe wonɔewo kaba eye nyee nye woƒe vi gbãtɔ. Danye gblɔ nam kpɔ bena esime mexɔ abe ɤleti ade ene la, gbeɖeka fofonye z� m�, eye tsikpe lé mí ɖe to dzi ŋkeke geɖewo. Nuɖuɖu vɔ mía si eye danye nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi ɤesiaɤi. Mlɔeba la èva bu be yeƒe nuwuwu ɖo. Egblɔ be yeƒo míaƒe awuwo kple abadzivɔwo katã nu ƒu eye esi yekɔm ɖe abɔwo me la yexatsa wo ɖe mía ŋuti ale be dzodzo naɖo lãme na mí.

Nuxlẽla lɔl�a, mexɔe se bena ne ɖe mía Đela l�l�a mege ɖe eme na mí le ɤemaɤi me o la anye ne míatɔ vɔ keŋ. Gake la Enɔa ame gbɔ ɤesiaɤi heɖea eɖokui fiana le ɤeyiɤi nyuitɔ dzi. Eƒo nu na aƒelika vevi dzime-kɔkɔetɔ aɖe be wòava kpɔ nusitae dzudzɔ megatu le míaƒe dzudzɔm� me le ŋkeke ʋẽ siwo va yi la me o la ɖa. Esime wòva hegbã ʋɔ ɖe mía dzi la ekpɔ bena dɔ wu nye kple danye ŋutɔ tso me. Efɔ nake aɖewo do dzoe. Eye wòtrɔ yi eƒe atixɔ me ɖadi nuɖuɖu viaɖe vɛ na mí. Sẽ ko la ŋusẽ kple agbe gaɖo mía ŋu. Woakafu Eƒe ŋkɔ le esia ta.

Esia megbe medidi o la míeʋu tso Kentucky dukɔa me heyi Indiana. Fofonye yi ɖawɔ dɔ na agbledela aɖe le Utica, Indiana gbɔ. Mínɔ afima anɔ ƒe ɖeka eye míegaz� yi ŋgɔgbe ɖota Ohio balia me. Ƒe geɖewo vayi eye meva tsi nyuie zu ŋutsuvi hafi Mawu ƒo nu nam.

Gbeɖeka fiẽ la meyina ɖe tsi ku ge le lãkpo gbɔ ava aƒe me, esi didi abe aƒedomemɔ eve ko tso aƒea me gbɔ. Le aƒea kple lãkpoa ƒe domedome la pɔplati xoxoa ɖe li. Đeko metso suku gbɔ ɤetrɔ ma teti ko eye míaƒe kɔ me ŋutsuviwo yina

Page 6: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

2

tɔmelã ɖe ge le ta me. Menɔ avi fam be mayi gake fofonye de se be maku tsi. Metɔ ɖe atia te be madzudzɔ tete mese ya ƒo le aŋgbawo me. Menya be ya la menɔ ƒoƒom le afi bubua ɖeke o. ɣetrɔ zi-ɖoɖoe aɖe tɔgbe ye. Mete yi megbe tso ati la gbɔ eye mede dzesii be le teƒea ɖe si anɔ abe amigago gã ƒe kekeme ene la ya nɔ ƒoƒom to aŋgbawo me. Kasia gbe la ɖi gblɔ bena : “Megano aha gbeɖe o, ayɔ atama, alo aƒo ɖi wò ŋutilã to mɔa ɖeke dzi o, elabena dɔ aɖe le asinye na wò nawɔ ne ètsi la.”

Edo v�v� nam ale gbegbe be, meƒu du yi aƒe me gake nyemegblɔe na amea ɖeke kpɔ o. Nyemete ŋu noa aha alo yɔa atama gbeɖe o. Mexɔnɛ sena be Mawu ava wɔ dɔ gãa ɖe le ŋkeke mamleawo me.

Esi metsi nyuie ɖo hadede me kple ɖekakpuiwo la, wokɔam gblɔna bena menye nyɔnugbɔme elabena nyemeyɔa atama alo noa aha o. Wogblɔna bena nyɔnuviwo ŋutɔ g� hã yɔa atama eyata dzi le wo si wum. Enyena ŋukpe nam le ɤemaɤi be magblɔ nusi dzɔ le nye agbe me la na wo. Gake la, x�nye l�l�awo, egbe la egbɔgblɔ na xexe blibo la nyena aglotutu nam godoo. Aleluya!

Esi mexɔ abe ƒe wuiene la mexɔ abi vevie le adegbe. Menɔ dɔyɔƒe ɤleti adre sɔŋ. Mawu ɖo nya kplim gake nyemese nu o. Yɔyɔ la me va kɔ keŋ ɖe dzi nam wu. Gake esi womenyim le Kristoƒome me o ta la metee kpɔ tsi tre ɖe eŋu. Zi geɖe la mese gbe vivi, sue ma nɔ yɔyem, gake meɖea kɔ ɖa le eŋu. Eva ɖo afiaɖe nam be nyemegate ŋu tsɔnɛ ne woyɔ sɔleme ŋkɔ g� hã le gbɔnye o.

Gbeɖeka la metso nyame bena madi mɔa aɖe ato agbe nu le yɔyɔ sia gbɔ gbidii. Meɖo ta ɤetoɖoƒe be mawɔ dɔ le lãnyiƒe aɖe. X�nye, Mawu nye gã le afima hã abe alesi wòle le afisiafi ene. Nye numetoto nezu viɖe na wò héé. Ne Eyɔ wò la, tɔ Nɛ.

Siamlɔm ƒe ŋdi aɖe le ƒe 1927 me la, megblɔ na danye be mele mɔ zɔ ge ayi asara-takpekpe le Tunnel Mill, esi anɔ abe agbadroƒe wuiene ene tso Jeffersonville afisi míenɔ ɤemaɤi. Mewɔ ɖoɖo xoxo hena Arizona yiyi kple x�nye aɖewo. Hafi danye nagava se ŋkɔnye la, nyemenɔ Tunnel Mill o ke boŋ

Page 7: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

3

Phonix, Arizona, henɔ sisim le Lɔl� Mawu la ŋu. Lãnyiƒea ƒe agbenɔnɔ dze edzi nam ɤeyiɤi viaɖe ko, gake eva ti ame kaba, abe xexeame ƒe vivisese ɖesiaɖe ko. Evɔ la, magblɔ le afisia be, Woakafu Mawu be, numetoto kple Yesu dea dzi tso vivisese me yi vivisese me ɖaa ke metina ame gbeɖe o. Yesu nana ŋutifafa blibo kple akɔfafa ɤeawo katã ɤi.

Zi geɖe la mesena ya ƒona le pineti kɔkɔwo me. Ele ko abe ɖe mate ŋu ase ȃe gbe le yɔyem le avetsu la me ɖaa, hele gbɔgblɔm bena, “Adam, afikae nèle?” Ewɔ abe ɖe ɤletiviwo te va ale be nàte ŋu agbe wo kple asi faa. Ewɔ abe ɖe Mawu te tum alegbegbe.

Nu ɖeka si wɔ abe ɖe gɔmesese fũ gale esi nam kuɖe dukɔ ma ŋuti lae nye eƒe gbedzimɔawo. Ne ètra mɔ ko la, àbu bɔbɔe. Zi geɖe la tsaɖilawo kpɔna gbedzi seƒoƒowo eye wotrana le mɔ gãwo dzi bena woa ɖagbe wo. Wotsana tsaglãla le gbea dzi eye wobúna eye ɤeaɖewoɤi g� hã la tsikɔ tia wo wokuna. Eye nenema ke wòle le Kristo ƒe mɔ dzi. – Mɔ gãwo le Mawu si. Eƒo nu tso eŋu le Yesaya, ta 35 lia me. Woyɔe be “Mɔ tata Kɔkɔe.” Zi geɖe la xexeame ƒe vivisese suetɔ kekeake akplɔ wò trae le mɔ gã la dzi. Ekema èbu wò numetoto kple Mawu. Ne èbu le gbedzi la, ɤea ɖewo ɤi bleziblezi dzena. Amesiwo tsikɔ wu ɖo kudo nu la, bua bleziblezi la ɖe tɔsisi alo ta teƒe. Zi geɖe amewo ƒua du kplɔnɛ ɖo hedzena anyi ɖe eme hafi va nyana be ke xɔdzo sɔŋ ko lem yewole. ɣea ɖewo ɤi Abosam atsɔ nane afia wò ada ŋkɔ ɖe dzi be agbe vivi ɖuɖu. Ke kpɔ ɖa bleziblezi koe, enye nane si menye nu ŋutɔŋutɔ o. Ne èɖo toe la àkpɔ ɖokuiwò be yeli kɔ nuxaxa ɖe yeƒe ta dzi. Megaɖo toe o, nuxlẽla lɔl�a. Xɔ Yesu amesi nana agbetsi amesiwo dɔ kple tsikɔ le wuwum la dzi se.

Gbeɖeka la mexɔ léta tso mía de be nɔvinye ŋutsuwo dometɔ ɖeka le dɔ lém vevie.

Eyae nye Edward, amesi dzɔ ɖe yonye me. Ke hã la nyemetsɔe be dɔa sesẽ nɛ o, mebui be eƒe lãme lasẽ. Gake le ŋkeke ʋẽa ɖewo megbe esi metrɔ gbɔ tso dua me fiẽsi aɖe

Page 8: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

4

la meto lãnyiƒea ƒe nuɖuxɔgã me eye agbalẽvia ɖe nɔ kpl� dzi. Metsɔe. Woŋl� ɖe edzi be, “Bill, do go va gbeɖuƒe si le dziehe gome. Ele vevie ŋutɔ.” Esi mexlẽ agbalẽvia vɔ la nye kple x�nye aɖe míedo go yi ɖe gbeɖuƒea. Ame gbãtɔ si míedo go lae nye Sɔdola tsitsi Xɔŋkɔ aɖe si le dɔ wɔm le lãnyiƒea. Èŋkɔe nye Durfy, gake míeyɔnɛ be “Pop.” Eɖo nublanuimo hegblɔ be, “Billie sue, dzɔgbevɔenya aɖe le asinye na wò.” Le gaƒoƒo ma dzi tututu la dɔdzikpɔla hã z� gbɔna. Wogblɔ nam be teligram ƒe du va fifi laa be nɔvinyeŋutsu ku.

X�nye l�l�a, hena ɤeyiɤi aɖe la nyemegate ŋu ʋã o. Emae nye ku gbãtɔ si dzɔ le míaƒe ƒomea me. Azɔ medi be magblɔ bena biabia gbãtɔ si va nye tame lae nye be ɖee wòdzra eɖokui ɖo na kua. Esi metrɔ hetsa ŋku kpɔ aŋgba ɖiɖiwo le dzogbea kpeɖo la, aɖatsiwo tsiɔ to nye alɔgowo dzi. Aleke gbegbe meɖo ŋku nye kplii ƒe fukpekpe esime míenye ɖevi dzaawo kple alesi nuwo sesẽ ŋutɔ na míe la dzi.

Bebli hafi míekpɔna nu viaɖe ɖuna le míaƒe sukudeɤi. Afɔkpa vuvu ɖea míaƒe afɔbidɛwo ɖe xexe eye ele be míado kotu xoxo siwo lé ve elabena míedo awutewuia ɖeke o. Megaɖo ŋku gbesigbe danye tsɔ blitɔtɔe ɖe tɔkpo sue aɖe me na mí hena míaƒe ŋdɔnuɖuɖu la dzi. Míeɖua nu kple ɖevi susɔeawo o. Míate ŋu aƒle nuɖuɖu si sɔ kple wo tɔ o. Míesina dzaa yina togbea ɖe dzi va ɖua nu. Meɖo ŋui be gbesigbe wona blitɔtɔe mí la azã ŋutɔŋutɔ míebui. Be maka ɖe dzi be makpɔ tɔnye sinu la medo go hafi gawuieve ƒo, heyi ɖaku asiʋlo ɖeka hafi nɔvinye ŋutsuvia va lɔ yetɔ.

Ke esi metsi tre ɖe afima nɔ gbe yɔyrɔe si ŋdɔ wɔ hẽ la kpɔm la nye susuwo yi numawo katã dzi eye mebia ɖokuinye be ɖee Mawu kplɔe yi teƒe aɖe si nyo wu esia mahã. Ale Mawu gayɔm ake, gake meʋli be matsi enu abe alesi mewɔna kokoko ene.

Medzra ɖo hegbɔ va kuteƒea. Ke esi Bubutɔ McKinny tso Port Fulton Hamea me, ŋutsu aɖe si le nam abe fofo ene, gblɔ kuteƒe mawunya la egblɔ bena “Đewomahĩ amea ɖewo le afisia siwo menya Mawu o, ne èle afisia nenema la, kpɔ mɔ nɛ azɔ.”

Page 9: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

5

Oo, melé nye zikpui la sesiẽ, Mawu gaɖo nya kplim vɔ keŋ. Nuxlẽla l�l�a, ne Èyɔ wò la, tɔ nɛ.

Nyemaŋl� be kpɔ gbeɖe alesi Papa kple Dada daheawo wofa avie le kunuawo wɔwɔ megbe o. Medi be magatrɔ yi ɣetoɖoƒe gake Danye ɖe kuku nam vevie be matsi anyi ale meva l� ɖe etɔa dzi mlɔeba ne anye be mateŋu akpɔ dɔ awɔ ko. Medidi o mekpɔ dɔ le Public Service Company me le Indiana, afisi megale dɔ wɔm le fifia.

Le ƒe evea ɖewo megbe esime menɔ mitawo dom kpɔ le mitadɔwɔƒe si le Gaz Dɔwɔƒe le New Albany la eva me be Gaz gbã kɔ ɖe ŋunye hedo dɔm kwasiɖa geɖe. Meyi dɔyɔla siwo katã menya la gbɔ ke meka ɖe me nam o. Gaz ƒe aɖi ɖo dɔme nam, si wɔm menɔ dɔ lém. Enɔ gãdom ɖe dzi ɤesiaɤi. Wokɔm yi ɖe dɔyɔla tɔxɛwo gbɔ le Louisville, Ky. Wogblɔ mlɔeba be appendix ye eye ɖe ko wòle be woawɔ dɔ nam. Nyemexɔ esia se o, elabena dɔme ƒe akpa ɖeka menɔ veyem o. Doyɔlawo be naneke meli woagate ŋu awɔ nam vaseɖe esi woawɔ dɔ nam o. Mlɔeba la meva l� be woawɔe gake mete gbe ɖe dzi be woawu teƒe si ko ge wole la ɖeɖeko ale bena nye ŋutɔ mate ŋu anɔ ŋu akpɔ dɔwɔwɔ la teƒe.

Oo, mehiã amea ɖe si nya Mawu be wòatsi tre ɖe gbɔnye. Mexɔ gbedodoɖa dzi se gake nyemete ŋu donɛ ɖa o. Eyata Osɔfoa ɖe si tso Baptiste Hame Gbãtɔa me la kplɔm yi amekoxɔa me.

Esime wokɔm tso amekokplɔa dzi yi nye aba dzi vɔ la mese le menye be menɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi ɤesiaɤi. Nye dzi nɔ dɔ wɔm vie ko. Ku ƒo ɖe dzinye vɔ keŋ. Gbɔgbɔtsixe nɔa ƒonye tsim ɖe dzi wu tsã. Menya be meɖo nye mɔ la ƒe nuwuwu. Oo x�nye lala vaseɖe esime naɖo afima gbeɖeka ekema nèle nu geɖe siwo nèwɔ la ŋu bu ge. Menya be nyemeyɔ atama kpɔ o, no aha alo nɔ agbe ƒoɖi aɖeke kpɔ o gake menyae be nye mesɔgbe ado go nye Mawu o.

X�nye, nenye hamevi yɔyrɔe aɖe koe nènye la àva kpɔe ne èɖo nuwuwu bena yemedzra ɖo o. Ekema nenye ema katã ko nenya tso Mawu ŋu la, mabia tso asiwò le afisia fifi laa be nàyi ɖe klo

Page 10: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

6

dzi abia Yesu bena wòana Gbugbɔgadzi ƒe numetoto ma, si ƒe nya Wògblɔ na Nikodemo le Yohanes, ta 3 me la wò hã, ekema oo aleke gbegbe dzidzɔ gawo anɔ ɖiɖimii—Woakafu ȃe Ŋkɔ.

Blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe dze dodo ɖe dɔyɔxɔa me abe avetsu gãa ɖe mee ene. Megase ya ƒo to aŋgbawo me, gake ɖeko wole abe ave me afiaɖe ɖaa ye ene. Đewomahĩ wò hã èse ya sesẽ si ƒo aŋgbawo, te gbɔna ɖe gbɔwò la ŋkɔ kpɔ.

Mesusu be, “Enyo, ku saɖagatsie nye si va be yeakplɔm” Oo! ele be nye luʋɔ nado go Mawu, medze agbagba be mado gbe ɖa gake nyemete ŋui o.

Yaƒoƒo la nɔ tetem ɖe ŋunye kpuie, eƒe gbeɖiɖi la hã nɔ dzi dem geɖe wu. Aŋgbawo ƒe howɔwɔ nu gasẽ ɖe dzi eye zi ɖeka ma la mebu ɖe ɖokuinye.

Ewɔ abe ɖee megatrɔ zu ŋutsuvi dzaa aɖe si le afɔ ƒuƒlu, tsi tre ɖe afɔmɔ ma ke dzi le ati ɖeka ma te. Megase gbe ma ke si gblɔ be, “Megano aha alo atama gbeɖe o.” Eye aŋgbawo ƒe howɔwɔ si mese la nye ɖeka ma si ƒo ya le atia te gbemagbe.

Ke azɔ la gbe la gblɔ be, “Meyɔ wò eye nègbe be yemayi o.” Egagblɔe zi ét� sɔŋ.

Ale megblɔ be, “Aƒetɔ, nenye wòe la, na matrɔ yi anyigbadzi ekema magblɔ wò Nyanyui la le xɔwo tame kple mɔwo ƒe dzogoewo dzi. Magblɔe na ame ɖesiaɖe!”

Esi ŋutega sia vayi vɔ la, mede dzesii be nye lãme mekɔ nenema tɔgbe kpɔ o. Dɔyɔla si wɔ dɔ nam la gale xɔa me ko. Eva kpɔm dũ eye wòwɔ mo yaa nɛ. Eƒe nukpɔkpɔ me le abe ɖe wòsusu be meku vɔ xoxo ene, ale wògblɔ be, “Menye sɔleme-dela menye o, nye dɔwɔwɔ hã de ŋgɔ ŋutɔ, gake la menya be Mawu va srã ŋutsuvi sia kpɔ.” Nusitae wògblɔ nenema la, nyemenyae o. Amea ɖeke megblɔ naneke kuɖe eŋuti o. Ne tsã ma ɖe menya nusi menya fifia la, anye ne matso le dɔba la dzi ade asi ɤli dodo me be Woakafu Eƒe Ŋkɔ.

Page 11: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

7

Le ŋkeke ʋẽa ɖewo megbe la woɖe asi le ŋunye be matrɔ yi aƒe me gake nyemehaya keŋkeŋ o eye enye dzizizi nam be maɖɔ gaŋkui le nye ŋku ƒe nufluflukpɔkpɔ ta. Nye ta ƒona tititi ne meɖe ŋku ɖe nane dzi fũ akpa.

Mede asi Mawu didi me be makpɔ. Metso le hame si me yi hame me henɔ agbagba dzem be makpɔ afiaɖe si woyɔa ame va vɔsamlekpui gbɔ abe tsã ene. Nusi wɔ nublanui lae nye bena nyemekpɔ ɖeke o. Megblɔ be ne gbeɖe manye Kristotɔ la, ke manyee akuaku. Osɔfo aɖe si ɖo tom la wɔ dzesidede sia gblɔ bena, “Kpɔ ɖa Billy wò ŋutsuvi sia, egbɔna wɔtsomiitɔ zu ge.” Meɖo eŋu be ne subɔsubɔa ɖe asu asinye la ekema madi be ne ava la maxɔe kple dzo abe nusr�lawo ke ene.

Oo woakafu Eŋkɔ. Emegbe la subɔsubɔ va su asinye eye megalé eme ɖe asi fifia hã, eye to eƒe kpekpeɖeŋu me la malée ɖe asi ɖaasi.

Gbeɖeka zã me la numetoto vavã kple Mawu ƒe dɔ nɔ wuyem vevie ale gbegbe be meyi ɖe agbadɔ xoxoe aɖe si le aƒea godo la te eye metee kpɔ do gbe ɖa. Nyemenya gbedodoɖa o. Eyata ɖeko mede asi nuƒoƒo me Kplii abe alesi maƒo nu na ame tutɔ ene. Enumake la kekeli aɖe va ge ɖe agbadɔa me heta atitsoga eye gbea ɖe ƒo nu nam tso atitsoga la me le gbegbɔgblɔ si gɔme nyemese o la me. Emegbe la egadzo. Gbɔgblɔ bu ɖem. Esi metrɔ va ɖokuinye me la, megado gbe ɖa ke bena, “Aƒetɔ nènye wòe la, meɖe kuku gatrɔ va ƒo nu nam ake.” Tso keke esime metrɔ tso dɔyɔƒea gbɔ la menɔ nye Biblia xexlẽ dzi eye mexlẽ le Yohanes 4 lia me be, “L�l�tɔwo migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido wo kpɔ nenye ɖe wotso Mawu gbɔ.”

Menyae be gbɔgbɔa ɖee dze nam, eye esi medo gbe ɖa la egadze ake. Ke ewɔ nam abe ɖe wokɔ pɔŋ akpe ɖeka ƒe agba ɖa le nye luʋɔ dzi. Meti kpo si du yi aƒe me eye ewɔ nam abe ɖe menɔ du sim le yame ene.

Danye bia se be “Bill, nukae dzɔ ɖe dziwò?” Meɖo ŋu nɛ bena, “Nyemenya o gake ɖeko mese vivi hefo le ɖokuinye me.” Nye magate ŋu anɔ aƒe me o. Ele be mado ɖe xexe anɔ du sim.

Page 12: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

8

ɣemaɤie menya bena ne Mawu di be magblɔ mawunya la ayɔ dɔm, eyata meyi ɖe hamea ɖe si xɔ amisisiname dzi se eye mekpɔ dɔyɔyɔ enumake. Ale mekpɔ bena nane nɔ nusr�lawo si esi mele osɔfo geɖewo si egbe o. Nusr�lawo xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyr� eyata wote ŋu yɔ dɔ dɔlélawo eye wowɔ nukunu dzɔtsuwo fũ le Eŋkɔ me. Ale mede asi gbedodoɖa me hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyr� xɔxɔ eye mexɔe hã.

Gbeɖeka le dzinu adea ɖewo megbe la, Mawu wɔ nye dzi ƒe didi la nam. Eƒo nu nam le kekeli gã ɖe me hegblɔ nam bena mayi ɖe gbeƒã mawunya eye mado gbe ɖa ɖe dɔnɔwo ta ekema Ye ŋutɔ yeayɔ dɔ wo alekekee lanye woƒe dɔléléwo hã. Medze mawunya gbɔgblɔ gɔme hele nusi Wògblɔ nam la wɔm. Oo x�nye, nyemate ŋu adze nusiwo katã va dzɔ la gbɔgblɔ na wò o : Ŋkuagbawo ʋu. Xɔdr�wo zɔ azɔli, kaŋsadɔlélawo kpɔ dɔyɔyɔ eye nukunu ƒomevi geɖewo dzɔ.

Gbeɖeka le Spring mɔa ƒe seƒe le Jeffersonville, Indiana, esi mewɔ kwasiɖa eve ƒe nyɔny� takpekpe vɔ la, menɔ ame 130 nyr�m. Enye Dasiamime ŋkekea ɖe si dzi ŋdɔ nɔ vevem eye ame siwo le afima ade ame akpe et�. Meyina ame 17 lia nyr� ge tete enumake la, megase gbe sue bɔkɔ ma ake, eye egblɔ be, “Wu mo dzi.” Dziƒo wɔ hẽ abe akɔbli ene le Dasiamime ƒe ŋdɔ heliheli ma. Ade kwasiɖa et� sɔŋ esi tsia ɖeke megadza na mí kpɔ o. Megase gbe sia ake, gasee ake eye zi et�lia la egblɔ be, “Wu mo dzi.”

Mewu mo dzi eye kpɔ ɖa ɤletivi keklẽ gãa ɖe si mekpɔ zi geɖe kpɔ evɔ nyemeƒo nu le eŋu na mi o la ɖi tso dziƒo va. Zi geɖe la megblɔ eƒe vava na amewo ke ɖeko wokɔam gblɔna bena, “Bill susu me ko èkpɔe le. Alo ɖewomahĩ drɔe kum nèle.” Ke woakafu Mawu, azɔ la Eɖe Eɖokui fia amesiame kpɔ, elabena etsɔ ɖe gbɔnye ŋutɔ ale gbegbe be nye nu g� hã ku. Esi wòwɔ sẽ ko la, medo ɤli sesiẽ eye ame geɖewo wu mo dzi hekpɔ ɤletivi la le nye tame tututu. Amea ɖewo ku ƒenyi ke ɖewo de asi ɤli dodo me eye bubuwo hã de afɔ du me. Emegbe la ɤletivi la gatrɔ yi ɖe dziƒo, eye teƒe si wòdzo le la anɔ afɔ

Page 13: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

9

xexlẽme wuiatɔ kpeɖo, eye teƒe la nɔ ʋaʋam alo enɔ ŋeŋem abe alesi ƒutsotsoewo ŋena ene. Alilikpo ɤi mlimlia ɖe nɔ teƒe ma, esi me ɤletivi la ge ɖo.

Nuxlẽla lɔl�a, ne ɖe nɔƒe anɔ asinye fũ le agbalẽ sia me la anye magblɔ nu geɖe siwo va dzɔ, alesi míewɔ tu míaƒe gbedoxɔ lae, kple nyɔny� takpekpe wɔnuku geɖe siwo míewɔ la na mi. Amewo tso didiƒe kple kpuiƒe va ɖe dɔyɔyɔ ta. Gake ele be mato agbalẽ sia ɖe me kpuie bene woate ŋu adzrae asi bɔbɔe eye wòasu amesiame si. Nusiawo ana nànya be Yesu Kristo ganye Eyama ke abe alesi wòle etsɔ kple egbe heyi ɖe mavɔmavɔ me la ene, eye ele be nàxɔ edzi ase be nakpɔ ɖeɖe. Ne àte ŋui la, ɤeasiaɤi si míaƒe nyɔny� takpekpewo tsɔ ɖe gbɔwò ko la, Taflatsɛ va kpɔ gome héé.

Page 14: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim
Page 15: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

11

ĐASEĐIĐIWO Azɔ le axa siwo gbɔna me la miakpɔ ɖaseɖiɖi ʋeea ɖewo si Amesiwo kpɔ dɔyɔyɔ le míaƒe takpekpewo me la ŋutɔ woɖi.

Menɔ dɔyɔƒe le New Albany, Ind. hafi se Nɔvi. Branham ŋkɔ. Eʋue ƒom ƒu anyi. Nye agbaƒutiwo katã kloe ŋẽ. Nye dzimeƒuwo gbã. Le dɔyɔlawo gbɔ la kpekpeɖeŋua ɖeke megali nam o.

Nɔvi. Branham do gbe ɖa ɖe tanye, eye enumake nye agbaƒutiwo gaɖo eme, eye nye dzimeƒu hã dzɔ ɖe eteƒe. Nya la wu dɔyɔla ƒe gɔmesese. Metsi tre, tsɔ nye awuwo do, heyi aƒe me, eye meyi dɔme.

Woakafu Mawu ɖe Eƒe Dɔyɔŋusẽ la ta.

William H. Merrill, 1034 Clark St., New Albany, Ind.

Ƒe geɖewo nye esi menye tekunɔ. Eye metsi aba dzi anɔ ɤeyiɤia ɖewo. Nye atawo zu lẽƒĩ eyata nyemate ŋu azɔ o. Dɔyɔla gblɔ be ynemate ŋu azɔ gbeɖe o. Mese Nɔvi. Branham ŋkɔ kple alesi Mawu ɖoa to eƒe gbedodoɖawo. Eyata meyɔe. Eya kple ɖekakpui bubu si woyɔna be, DeArk la, wova eye wodo gbe ɖa ɖe tanye. Enumake la nye atawo kpɔ dɔyɔyɔ. Mate ŋu azɔ. Fiafia hã megale zɔzɔm. Nusia dzɔ ƒe ene enye esi va yi.

Makafu Mawu ɖe eƒe Ŋusẽ Wɔnuku la ta.

Aƒenɔ Mary Der Ohanion, 2223E. Oak St., New Albany, Ind.

Na amesi nya sia Aka,

Mekplibɔ edidi vie fifia. Nye atawo ŋẽ eye nyemagate ŋu azɔ gbeɖe o. Le Doyɔlawo ƒe nya nu. Vinyeŋutsu tem le

Page 16: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

12

kekevi me, yi ɖe Nɔvi. Bill ƒe takpekpe me. Le zã ma me la mekpɔ ŋutsua ɖe si megazɔ kpɔ o anɔ ƒe 18 sɔŋ la zɔ azɔli. Megakpɔ ŋutsu ŋkuagbatɔa ɖe hã kpɔ nu eye eya ŋutɔ zɔ to gbedoxɔame le eɖokui si. Eƒe ŋkuwo gbã ƒe 40 sɔŋ kple ame bubu geɖewo, tekunɔwo kple dɔlélé ƒomevi vovovowo xɔ dɔyɔyɔ le zã ma me ke. Ke esi wòɖo dzinye be woado gbe ɖa ɖe tanye la, xɔse nɔ asinye be maxɔ Yesu dzi se, bena Enye eyama ke etsɔ, kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. Nɔvi. Bill do gbe ɖa ɖe tanye, helé nye asi gblɔ bena, “Le Yesu ƒe ŋkɔ me—zɔ azɔli.”

Mese le ɖokuinye me be Mawu ƒe ŋusẽ ɖi va dzinye. Nye ata siwo dzeti ɖe ŋgɔgbe la ɖiɖi ɖe anyigba zi ɖeka eye mede asi azɔli zɔzɔ me hele Mawu kafum, megblẽ nye kekevi xoxoe la ɖi eye mezɔ afɔ to dua ƒe kpɔdomee mɔ didia ɖe dzi yi aƒe me.

Aƒenɔ T. Hargrove, 149 Spring St., Jeffersonville, Indiana

Amesiame gblẽm ɖi na ku ƒe eve siwo va yi le kaŋsadɔ ta. Menya Nɔvi. Bill ƒe geɖewo. Menyae ko abe ame dzɔdzɔe ene eye menɔ eƒe takpekpe geɖewo me kpɔ. Mawu nɔ eyram eye wònɔ nukudɔ geɖewo fũ, wɔm to edzi. Meyɔe be wòado gbe ɖa ɖe tanye. Nye kaŋsadɔ la bú keŋkeŋ.

Dzi le dzɔyem ɖaa, esi mele Mawu kafum hele akpe dam nɛ.

Aƒenɔ L. Stinner, Missouri Ave., Jeffersonville, Indiana.

Míaƒe ƒome dɔyɔla na ta le tanye, be gaƒoƒo ʋeea ɖewo koe susɔ maganɔ agbe. Menɔ kaŋsadɔ lém anɔ ƒe et� sɔŋ ekem.

Ŋutsua ɖe si ŋkɔ nye Wiseheart la gblɔ Nɔvi. Bill ƒe nya nam. Woku ʋu agbadroƒe 35 to sno kple tsikpe me va ɖo gbɔnye. ɤeyiɤi sime wova ɖo la, x�nye aɖewo kple ƒometɔwo ƒoƒu ɖe ŋunye be yewoakpɔm ɖa zi mamlea tɔ. Vinyenyɔnuviwo ƒle mɔzɔwu si matsɔ yi yɔme la daɖi.

Page 17: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

13

Menɔ ɖi me afã kple afã hafi Nɔvi. Bill va ɖo. Ebia tso dzimaxɔsetɔwo katã si be woado go le xɔa me. Emegbe la edze klo do gbe ɖa ɖe tanye. Esi wòda eƒe asi ɖe tɔnye dzi la, mese Mawu ƒe ŋusẽ le menye, eye kasia mekpɔe be kaŋsadɔ la dzo le dzinye.

Metso hiã ɖe afɔ dzi hele Mawu kafum ɖe eƒe ŋusẽ ta. Nu sia dzɔ anɔ ƒe ene nye esi eye nye megase kaŋsadɔ ŋkɔ kpɔ o.

Woakafu Mawu ɖe Eƒe Dɔmenyonyo ta.

Aƒenɔ Sarah Hoyse, Middletown, Ind.

Nye la wodzim xɔdr�e. Nyemezɔna o eye nye asi kple abɔwo mewɔa dɔ ɖeke o. Wogblɔ afisi Nɔvi. Bill nɔ nukudɔyɔyɔ takpekpe wɔm le la nam. Meyi eye mekpɔ nu wɔnuku geɖe siwo wowɔ to xɔse me le Yesu ŋkɔ kple to asidada ɖe ame dzi me.

Nɔvi. Bill do gbe ɖa ɖe tanye, eye wòli ŋku ɖe dzinye gãã gblɔ bena, “Le Yesu Ŋkɔ me, zɔ azɔli.” Mese Mawu ƒe ŋusẽ wɔ dɔ le nye ŋutilã me. Meɖo toe, eye hena zi gbãtɔ le nye agbe me la mede asi zɔzɔ me. Mexɔ ƒe 35 ɤemaɤi.

Mawu le nukudɔwo wɔm le nuwuŋkeke siawo me.

Woakafu Eƒe ŋkɔ heyi mavɔ.

Mía vi-nyɔnuvi sue, Betty, nɔ dɔ lém ɤleti et� sɔŋ. Dɔyɔla xɔ ŋkɔ eve le míaƒe dua me, gake la ewɔ abe, womete ŋu kpɔ dɔ si lém wòle la o. Míekpɔ osɔfo ameŋkuta geɖewo tso dua me kple dukɔa me godoo bene woado gbe ɖa ɖe èta. Đeko dɔa ganɔ sesẽm ɖe dzi nɛ. Ale míeɖo du ɖe Jeffersonville Ind., ɖo ɖe ŋutsua ɖe si ŋkɔ nye Os. Bubutɔ Wm Branham, amesi me Mawume dɔyɔyɔ ƒe nunana le.

Page 18: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

14

Nɔvi. Bill abe alesi wogayɔnɛ ene la, va míagbɔ enumake. Le gaƒoƒo aɖewo ƒe gbedodoɖa megbe la, ege ɖe mía dzi gblɔ na mí bena Aƒetɔ la ɖe nusi wòle be woawɔ na Betty sue la fia ye le ŋutegã me. Eƒe ŋutigbalẽ kple ƒuwo koe susɔ eye wòƒona ɤesiaɤi abe ƒoƒodɔ lém wòle ene. Nɔvi. Bill bia tso míasi be míal� axɔ Mawu dzi ase eye míaɖo to nusi Wògblɔ be míawɔ la. Esime wòdo gbe ɖa heyɔ Yesu ƒe ŋkɔ ɖe edzi la, mía vinyɔnuvi sue la haya enumake. Esia va eme anɔ dzinu ewo. Míaƒe Betty sue la ƒe lãme kɔ nyuie azɔ eye wòkpɔ lãme alesi wòate ŋui. Anye dzidzɔ nam be maŋl� nu na amesiame si aku nu me kuɖe eƒe dɔyɔyɔ ŋu, alo kuɖe dɔyɔyɔ siwo va eme le nyɔny� takpekpe si Nɔvi Branham wɔ le St. Louis le 1945 me dometɔa ɖe ŋu.

Dɔyɔyɔ siwo va eme le St. Louis ƒe Nyɔny� me la woŋl� wo ɖe Nɔvi Branham ƒe agbalẽ si wona tanyae be “Dziƒo Đeɖefia,” me. Dze agbagba naxlẽe godoo.

Os. Bubutɔ Robert Daugherty, 2009. Gano Ave. St. Louis, Mo.

NA AMESI NYA SIA AKA :

Ƒe 8 kple dzinu 9 sɔŋ medze ŋẽ ɖe aba dzi henɔ yɔmekpedɔ lém eye nu glo dɔyɔlawo. Beblie nye kpekpeme ada pɔŋ 50 eye wodze ko be mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe bú keŋ ene. Ke Os. Bubutɔ Wm Branham tso Jeffersonville, Ind., si didii tso mía de gbɔ abe agbadroƒe 35 ene la va, le ŋutega aɖe si me wòkpɔ alevia ɖe si bú ɖe gbedadaƒo henɔ ɤli dom be, “Milltown” (Afimae mele.) la nu. Nɔvi Branham meva afisia kpɔ o alo nya amea ɖeke si tso teƒe sia hã o. Esi wòge ɖe eme la, eda asi ɖe dzinye do gbe ɖa, heyɔ mía Aƒetɔ Yesu lɔl�a ŋkɔ. Kasia ewɔ nam abe nanee lém ene tete metsi tre hele akpe dam na Mawu le Eƒe ŋusẽ si yɔa dɔ la ta. Ema koe nye zi gbãtɔ si megado le xɔ me kpɔ le ƒe enyi sɔŋ me, emegbe la mexɔ nyɔnyr� le tɔ me, le Yesu Krito ƒe ŋkɔ dzi. Fifia la nyee nye saŋkuƒola le Baptiste hamea me le afisia.

Page 19: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

15

Nu geɖe fũ kplɔ dɔyɔyɔ gã sia ɖo. Nɔƒe meli be maŋl� wo katã ɖe ɖaseɖiɖi sia me o. Adzɔ dzi nam be maŋl� nu tso nye dɔyɔyɔ ŋuti blibo na amesiame si l� la.

Georgia Carter, Millton, Indiana.

NA AMESI NYA SIA AKA :

Wowɔ dɔ nam eye kaŋsa ɖo ɖe teƒe si wowɔ dɔ le nam la. Mewɔ ɖesiaɖe si menya be makpɔ dɔyɔyɔ, gake eglo. Sr�nye nyɔnu la hã nɔ dɔ lém eye míese Os. Bubutɔ Branham ŋkɔ kple alesi Mawu le dɔ wɔm to edzi hena dɔnɔwo ƒe hayahaya. Ale anɔ ɤleti adea ɖewo nye esi la míeva yi eƒe me le kwasiɖa ɤetrɔa ɖe, esime míeɖo afima la míekpɔ ame bubu siwo hã va ɖe susu ma ke ta, eye woyɔ dɔ wo. Emegbe míeɖo dze kple Nɔvi. Branham hebiae bena ɖee wɔnaa ɖe li woate ŋu awɔ na mí mahã. Míegblɔ nɛ bena Katolikotɔwo míenye ke èɖo ŋu na mí be Mawume dɔyɔyɔ li faa na amesiame si axɔe se la. Etɔ asi nyɔnu Katolikotɔa ɖe dzi na mí amesi ƒe ŋkuwo ʋu le esime wòbia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu la, ke fifia la ègale agbalẽ xlẽm nyuie. Tsã la eƒe ŋkuwo gbã alegbegbe be alɔnu wolé nɛ hafi kplɔe va aƒea me. Ale wodo gbe ɖa ɖe nye kple sr�nye ta eye mía kple eve la siaa míekpɔ dɔyɔyɔ. Nye kaŋsaɖoɖo la bú! Azɔ dzi le míadzɔm ŋutɔ eye míele lãmese me hã eye ne mef� gbesiagbe la medoa gbe ɖa gaƒoƒo et� ɖe Nɔvi. Branham kple dɔ si wɔm wòle na Mawu la ta. Latriki-dzɔ dɔwɔla menye le du sia me eye Kwasiɖa ɖesiaɖe ne míede ŋdi sɔleme vɔ la, míeɖea abla tona ana dzi heyina Branham ƒe Agbadɔ me. Míegadena fiẽsi sɔlemewo kple Kuɖa fiẽ gbedodoɖa takpekpewo hã. Míele vivi sem ŋutɔ eye ɖeko wòwɔ abe xexe yeye me míele ene. Mel� faa be maɖo léta ɖesiaɖe si abia nya kuɖe nye hayahaya ŋuti la ŋu.

Louis H. Head, 417 Garnet Court, Louisville, Ky.

Page 20: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

16

Medi be matsɔ nye ɖaseɖiɖi kuɖe Mawume dɔyɔyɔ ŋuti akpee hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Anɔ abe ƒe et� ene la menɔ akpadɔ lém, dɔ sia nɔ ta kekem ɖe dzi henɔ anyrã wɔm ɖe dzi, vaseɖe esime nye asiwo ƒe megbe kple nye afɔtawo ɖe tsyro potsyoo. Wote ŋutɔ hewɔ abi nyagãa eteƒe mekɔ o. Le ƒe 1945, Afɔfie 11, dzi la Nɔvi. Branham si ami ɖe ta nam heda asi ɖe dzinye do gbe ɖa, gake le esi dɔa naka ɖe me nam teƒe la, ɖekoe woganɔa gã dom ɖe dzi, eye esi menɔa dɔmi sim ɖe nye asi kple afɔwo ta la, mebui be ɖewomahĩ esiatae nye mele dɔyɔyɔ kpɔm o ɖo. Ale meɖoe be madzudzɔ atike ɖesiaɖe zãzã ne matsɔ nye nya na Aƒetɔ la ɖeɖe ko. Le Masa 10 lia dzi la, Nɔvi. Branham kple Nɔvi. Seward wogado gbe ɖa nam ake tete Aƒetɔ yɔ dɔm, Woakafu Eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Do ŋgɔ na esia la Nɔvi. Branham si ami nam kpɔ esime menɔ afɔkɔenyinyidɔ lém. Enɔ afɔ vem nam ale gbegbe be azɔli zu dɔ nam. Ke tso esime wosi ami nam la, nye afɔwo kpɔ ŋusẽ, eye egbe la mate ŋu azɔ ade didiƒe evɔ afɔ mavem de alesi wòveam tsã la nu ne mezɔ ka ɖeka pɛ hafi wova si ami nam. Azɔ medi be magagblɔ be menye numetoto gbãtɔ enye esi mewɔ le Mawumedɔyɔyɔ ŋuti o. Ƒe blaeve vɔ ɖekɛ vayi la, menɔ takpekpea ɖe si Os. Bubutɔ C.H. Erickson nɔ wɔwɔm le Columbus, Ind. Geɖe woe nye amesiwo kpɔ dɔyɔyɔ tso dɔlélé vovovowo me ke kpedɔ sẽsẽ aɖe nɔ dzinye xoxoxo eye nu te nye nuɖusime ŋku ale be etsy� nye ŋku ƒe akpa ɖeka dzi, (eye ne womeɖe abla o la ena nye ŋku gbã), ke, nye hã, mebia Aƒetɔ la be nèyɔ dɔm eye Wòwɔe. Dɔléléawo ƒe ɖeke megaɖe fu nam kpɔ o. Mexɔ yayra sia le anyinɔƒe, le esi nyemebia Os. Bubutɔ Erickson be wòado gbe ɖa ɖe tanye hafi o. Mekpɔ ame geɖewo ƒe dɔyɔyɔ teƒe mese eye mexlẽ ɖaseɖiɖi geɖewo hã. Ƒe evea ɖewo vayi la meto aƒea ɖe me le Prospect, Ky gbɔ. Eye wotsɔ vidzĩ aɖe, si le dɔ lém la mlɔ aba dzi le xɔxɔnu eye edada gblɔ nam bena etsi xɔ wu ɤleti ene gake le eƒe agbe kpui sia me la dɔ ko wòlena. Eɖika glãŋui eye mate ŋu axɔ nuɖuɖu vevesese kple ɤli manɔmee o. Ke esi Kwasiɖagbe ɖo la megblɔ vidzĩ la ƒe nya na Nɔvi. Branham. Eya ŋutɔ kple hame la do gbe ɖa ɖe ɖevi la ta, eye le kwasiɖa ʋeea ɖewo megbe la megava to aƒe ma

Page 21: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

17

ke me hebia ɖevi la ta. Ehaya vɔ keŋ eye ekpɔ lãme hã. Mege ɖe xɔa me be makpɔe ɖa, enɔ nu ɖum eye wònɔ enu vivim ŋutɔ. Woŋl� ɖi bena mía Fofo si le dziƒo tsɔ ŋusẽ siwo katã le dziƒo kple anyigbã dzi la, na Via Yesu Kristo, eye Wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la kee, gawu la Petro gblɔ be Eŋkɔ mee, eye to Edzi xɔse mee tekunɔ si le Mawuxɔ ƒe Ʋɔtru nu la tsi tre. Ŋkɔ dzeani sia me kee wole nukudɔ siawo katã wɔm le egbea. Eye ne míexɔ dɔyɔyɔ to xɔse gbedodoɖa me la, menye esia ɖeɖe koe nye yayra si míexɔna o, ke kakaɖedzi be wotsɔ míaƒe nuv�wo ke mi hã dzena eyome. Yak. 5:15.

Akpe na Mawu be le egbe ƒe fuɖeɖe xexe sia me la, amea ɖewo abe Nɔvi. Branham, Erickson, John Sproul kple bubuwo gali esiwo gbɔgbɔ la tsɔ Mawume dɔyɔyɔ ƒe nunana na. Yesu Kristoe nye Eyama etsɔ, egbe heyi mavɔmavɔ me. Eye Egasu te kple l�l�nu faa be yeayɔ dɔ mí ko abe alesi wòyɔ dɔ amewo ƒe alafa wuiasike va yi esime wònɔ Dziƒo Fiaɖuƒea ƒe Nyanyui gblɔm fia la ene. Megakpɔ Joan Gray, ɖevi si nɔ dɔ lém la, le Dasiamime 26, dzi. Fifia la etsi xɔ wu ɤleti 27 eye ef� nyuie hele lãmesẽ me nyuie ŋutɔ.

Mia nɔvi le Kristo Yesu me,

G.W. Jones, 705 E. Maple St., Jeffersonville, Ind.

X�nye veviwo, ame bubuwo gali esiwo kpɔ dɔyɔyɔ eye woadi be yewoaɖi ɖase abe Mawu ƒe ŋusẽ teƒekpɔlawo ene gake nɔƒe mele mía si fifia le agbalẽvi sia me o. Wona ɖaseseɖiɖi siawo bena woado ŋusẽ mi be miaxɔ Yesu Kristo dzi ase eye míadze sii abe míaƒe Đela kple Dɔyɔla ene.

Biblia xlẽla geɖewo, gblɔna be, “Ne ɖe menɔ agbe le Biblia ƒe game la, anye mayi ɖe Yesu gbɔ bene Wòaxɔ nam.” X�nye, Ele afisia sia hã egbe be yeaxɔ na wò, abe alesi ko wòle le ŋkeke mawo me. Xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi se ko, Eyae le ɖase ɖim le Yesu ŋu. Taflatse, Xɔ edzi se, le afisi nèle fifi laa, ekema nàxɔ dɔyɔyɔ.

Page 22: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim
Page 23: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

19

MAWUNYA Míakpɔ míaƒe nuxexlẽ le Yesaya, 53:5 me.

“Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Míaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le Edzi, eye Eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.”

Azɔ x�nye, Biblia gblɔ be, “Eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.” Eye míel� ɖe dzi be míekpɔ míaƒe nuv�wo tsɔtsɔke le ʋu si Wòkɔ ɖi la me, meka nuka kee míewɔ o. Nukaŋutie? Àgblɔ bena, esi wòle avulélé la me tae. Ke Eƒe kabiawo ƒe Dɔyɔyɔ ya mele avulélé la me oa? Azɔ ne avulélé bú eƒe ŋusẽ na dɔyɔyɔ la, ekema mietsi miaƒe nuv�wo me; elabena, avulélé ɖe nuv�wo ta la va to Ʋu ɖeka me eye ame ɖeka hãe kɔ ʋua ɖi le teƒe ɖeka, le ɤeyiɤi ɖeka me, le ŋkeke ɖeka ma ke dzi.

Eyata ele be míagblɔ bena wo kple ve la le dɔ wɔm alo wo kple ve la katã bu woƒe ŋusẽ.

Kpao, x�nye, xɔ Yesu dzi se na wò dɔyɔyɔ abe alesi ko nèxɔnɛ sena hena wò nuv�wo ƒe keke, ekema avulélé la akpɔ ŋusẽ ɖeka ma ke. Awɔ dɔ si kple ekemɛ siaa na wò, ne èxɔe se bena ye tae wòwɔe ɖo egbe sia abe alesi wowɔe ɖe woawo hã ta le ŋkeke ma dzi ene.

Ele ko abe alesi nàyi tɔdziʋugã ɖo ge be yeatso tɔ ene, ne èkpɔ ame bubuwo le etsom la, ke nukata wò ya mate ŋui oa? Meyina ɖe ʋumefia gbɔ abiae be ɖe ʋu la ate ŋu atso tɔ loo mate ŋui o mahã. Đeko nàxe ʋuɖofe la, age ɖe eme anɔ anyi. Ke etsɔ ɖe ʋukula gbɔ be wòaku wò atso tɔ lae.

Nenema ke Mawume Dɔyɔyɔ le, èkpɔ woda gbe le ame bubuwo ŋu ekema wò hã àte ŋu akpɔ dɔyɔyɔ. Heyi Yesu gbɔ ko. Xɔse enye ʋufe la le nya sia me, ekema etsɔ ɖe Yesu gbɔ be wòakplɔ wò ade tɔkɔ.

Oo, Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu, xɔ Edzi se, wò hã ate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ. Nukunu ƒe ŋkekewo nu meva yi na amesiwo xɔe se bena wo nu meyi o la o.

Page 24: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

20

Nukae nye nu gbãtɔ nàwɔ nenye be èɖo pikiniki be yeaɖu? Natsɔ nyagã ɖeɖiwo ƒe azãɤlẽgbalẽ eye nàkpɔ be gbemagbe la ɖe azãɤlẽgbalẽ la gblɔ bena tsi adza alo xexeame akɔ mahã. Eye àgblɔ be, “Míaɖo pikiniki ɖe ŋkeke sia dzi.” Àƒle wò nuɖuɖuwo keŋ eye nadzra ɖo na gododo le esia ɖeɖe ko ta bena azãɤlẽgbalẽ la gblɔ be “xexeame lakɔ.”

Oo, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu, èɖo xɔse ɖe azãɤlegbalẽ dzi nenema gbegbe, ke nukata mate ŋu àxɔ Mawu ƒe Nya dzi ase o mahã? Đo ŋku edzi bena amea ɖewo kokoko le Mawu si, esi axɔe se, nukata mazu wo dometɔ ɖeka fifia oa? Xlẽ Marko 16 eye nakpɔ bena sedede mlɔetɔ si hame la xɔ enye bena wòada gbe le dɔnɔwo ŋu. Egblɔ bena “Eye dzesi siawo akplɔ amesiwo xɔe se la ɖo.”

Ne miaƒe hame la gblɔ be yewoxɔe se ke dzesiwo mekplɔ wo ɖo o la, ekema le Mawu ƒe Nya nu la womexɔe se kura o.

Bia nya amea ɖe kuɖe nusi anye xɔsetɔ nyuitɔ ƒe dzesi egbe la ŋuti eye woatsɔ amesi si hadome ƒe ɖoƒe nyui le la afia wò. Amesi dzɔa nu ɖe nudzɔgba me nyuie. Oo x�nye, wo dometɔa ɖewo menya nu fũ tso Mawu ŋu wu nusi Gbegãdzitɔ nya tso Egipte zãdɔdr� ŋu o, gawu la wo dometɔa ɖewo nye agbalẽ-deŋgɔ nyala siwo do tso bibliasukuwo me. Gake la mehiã agbalẽnyanya na wò godoo be nànya Mawu o. Gake ele be nàwɔ nu gã wu esi wo dometɔ geɖewo wɔ. Ele be naxɔe ase eye ne exɔe se la Marko 16:17-18 me ƒe dzesiwo adze yowò me abe alesi Yesu gblɔe ene.

Đo ŋku edzi bena wogblɔ le Marko 16 me be miɖe gbeƒã Nyanyuie la na nuwɔwɔwo katã. Àte ŋu abia be, “Nɔvi. Branham, Nukae nye Nyanyui la, bena míanya ne Esu mía si alo mesu mía si o. Nya la yea?”

Paulo gblɔ be Nyanyui la va na mí menye le Nya ɖeɖe me o ke boŋ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe kple ŋusẽ ƒe Đeɖefia la me. Ekema ɖe mele na wò be naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ be naɖe Marko 16 ƒe dzesiwo afia o mahã?

Page 25: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

21

Ke Timoteo II, ta 3 kplim, eye nàkpɔ alesi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ bena le ŋkeke mamleawo me la mawusosroɖa ƒe nɔnɔme anɔ amewo si gake woagbe eƒe ŋusẽ la, eye Biblia gblɔe be te ɖokuiwò ɖa tso nenem me siawo gbɔ. Đe esia menye dzesi bena míele ŋkeke mamlewo me oa? Amewo gbe nu le ŋusẽ si yɔa dɔ eye wònana vovo tso nuv� me la gbɔ. Hameawo le fafam ale gbegbe be termomita la ge blaade ɖe naneke o te. Màte ŋu akpɔ dziɖuɖu le Mawume Dɔyɔyɔ ŋudɔ wɔwɔ me akpe ɖe sipa dada kple atama yɔyɔ ŋuti hoo o. Amea ɖewo yina sɔleme le Kwasiɖa ŋdi alé siga gãa ɖe ɖe nu gegege, abe Texas nyitsu-tata wotu dzo na ene. Nya la gblɔ fia mí be míaɖe mía ɖokuiwo ɖa tso makɔmakɔnyenye ɖesiaɖe gbɔ. Oo nɔviŋutsu, trɔ ɖa tso xexeame nu siwo nèwɔna la gbɔ eye nàsubɔ Mawu. Ekema aɖe mɔ na wò be nàzɔ le Eƒe mɔtata Kɔkɔe la dzi abe alesi Yesaya 35 lia ƒo nu le eŋu ene. Ne amea ɖe atsɔ gaxɔgbalẽvi si dzi $70,000.00 le na wò la, àde asi dzidzɔ kpɔkpɔ me. Ne ɖe mabia wò be nuka ƒe dzidzɔ kpɔm nèle alea mahã la, àɖo eŋu nam be yexɔ ga $70.000.00. Ke ne meke ɖii la ekema àtsɔ gaxɔgbalẽvi la afiam. Ne magayi dzi be agbalẽvi gbɔlo si dzi nuŋɔŋl� le la koe nye ma la agaɖo ŋu kaba be hafi woaŋl� $70.000.00 ɖe gaxɔgbalẽvia dzi la ele be Amerika Dziɖuɖua naxɔ ga la gbãgbiagbã eyata dziɖuɖua ade megbe nɛ godoo. Nyae azɔ be Yakobo 5:15 gblɔ bena xɔse ƒe gbedodoɖa axɔ dɔléla la ɖe agbe. Wò ya nate ŋu agblɔ be agbalẽvi si dzi nuŋɔŋl� le la koe. Gake nɔvi, Dziƒo katã de megbe na Biblia. Ne èle Eƒe Nya xlẽm la ɖo ŋku dzi be yetɔe nye ŋugbedodo la. Ekema de asi dzidzɔ kpɔkpɔ me eye tsɔ xɔse kpe ɖe eŋu ekema Àyɔ dɔ wò. Mawu ma ke ko wòganye egbe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.

Page 26: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

EWE

©2015 VGR, ALL RIGHTS RESERVED

VOICE OF GOD RECORDINGSP.O. Box 950, Jeffersonville, Indiana 47131 U.S.A.

www.branham.org

Page 27: download.branham.org › pdf › EWE › EWETR-JCTS Jesus Christ The... EWETR-JCTS Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi …Yesu Kristo Nye Eyama Etsɔ, Egbe Yi Đe Mavɔmavɔ Me Wodzim

Copyright ƒe kaklãnana

Dzenawo katã nye etɔ. Woate ŋu ata agbalẽ sia le ame ŋutɔ ƒe agbelẽtam dzi hena eŋudɔ wɔwɔ na ame ɖokui alo na emamã, femaxee, sigbe Yesu Kristo ƒe Nyanyuie kaka ƒe dɔwɔnu ene. Womate ŋu adzra agbalẽ sia loo atae le agbɔsɔsɔ gã me, adae ɖe website dzi alo aƒo tee ɖe ma ɖe me daɖi be woagava tsɔe, alo aɖe egɔme ɖe gbe bubuwo me, alo azãe atsɔ bia gae mɔɖeɖe si woŋlɔ maxɔmaxɔ tso Voice Of God Recordings gbɔ o ®.

Hena nananyanya bubu geɖewo alo nu bubu geɖewo ƒe xɔxɔ la, taflatse miŋl nu na:

VOICE OF GOD RECORDINGSP.O. BOX 950, JEFFERSONVILLE, INDIANA 47131 U.S.A.

www.branham.org